Avuwo (Latin ŋkɔ: Canis lupus familiaris) (Iŋlishi ŋkɔ: Dog) wonyé lãfɔne si do ƒome kple amegãxi ƒomea. Wonyi na avuwo ɖe hamehame si woƒe gbɔsɔsɔ ano alafawo me. Le esia ta la, vovototowo sɔgbɔ ɖe woƒe atsudzɔdzɔ, ŋutilãgbalẽwo kpakple fuwo do me ɖo. Ameɖesiaɖe kloe nyia avuwo abe aƒemelã ene. Kɔta ʋɛ aɖewo ɖua avu le nɔnɔme tɔxɛ aɖewo me.

Avu le kɔ ɖim

Xɔlɔ̃wɔwɔ kple amewo trɔ asi le eŋu

 
Amewo ƒe xɔlɔ̃ ɖeka

Avuwo nye aƒemelã de ŋgɔwo dometɔ ɖeka. Ame aɖewo kpɔa avuwo abe nuteƒewɔlawo ene. Wo lɔ̃na amewo ŋutɔ eye wo lɔ̃na kɔɖiɖi kple amewo hã.

Nunyanya trɔ asi le eŋu

Ame geɖewo xɔ se bena avuwo ƒe susuwo de ŋgɔ wu lã bubuwo tɔ. Avu si Iŋglisiawo yɔna be Border Collies la, teŋu srɔ̃na sewo tso amewo gbɔ, he wɔna ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Avu ƒome bubuwo hã fía woƒe nunya le alesi wo teaŋu sí na tso hɔdodowo megbe alo le alesi me wo teaŋu fina nuɖuɖu si le wo dzrom ene. Avuwo wɔna dɔ geɖewo hã. Wo kpena ɖe dɔwɔla siwo xɔna na ame bubwo kple ame siwo le xaxa me la ŋuti. Wo kpena ɖe kpovitɔwo hã ŋu. Wo dometɔ aɖewo nyo na nuwo didi, amewo didi kpakple aƒewo ŋu dzɔdzɔ. Avua ɖe wo nyona lãwo kpɔkplɔ, ŋkugbagbatɔwo kpɔkplɔ kpakple adedada.

Nɔnɔmea ɖe wo trɔ asi le eŋu

Le esime avuwo do ƒome kple amegãxiwo ta la, wo bi ɖe adedada me ŋutɔ. Wo ƒe glã titri wo kple wo ƒe aɖu ɖaɖɛwo kpea ɖe wo ŋuti le lãwo lele kple wo ɖuɖu me. Wo nye dusila sesẽwo hã eye wo ɖea abla ŋutɔ, gake wo metea ŋu sia du yi na didiƒe o. Avuwo ƒe nukpɔkpɔ nyo ŋutɔ gake wo me te ŋu kpɔa nuwo katã ƒe amadede nyuie o. Wo ƒe nusese hã nyo wu amegbetɔwo tɔ. Avuwo ƒe ʋeʋẽsese do ŋgɔ na amewo tɔ sãa.

Dɔwɔwɔwo trɔ asi le eŋu

 
Avuwo nye kpeɖeŋutɔ na amewo le vo geɖewo me
  • Adedada - Avuwo bi ɖe gbemelãwo lele me.
  • Akɔfafa
  • Aʋawɔwɔ
  • Xɔxɔ na ame - Avuwo sea ʋeʋẽ kaba ŋutɔ eyata wotea ŋu kpɔa ame bubuwo le ɣaɣlaƒewo.
  • Kpekpeɖeŋu nana - Kpeɖeŋutɔ na ŋkugbagbatɔwo, tokukutɔwo kple dɔlela ƒomevi vovovowo.
  • Kpovitɔwo ƒe kpeɖeŋutɔ - Avuwo kpe na ɖe kpovitɔwo ŋu le go geɖe me.
  • Lãwo kpɔkplɔ - Wotea ŋu kplɔna alẽwo nyíwo kpakple lã bubuwo tso teƒe ɖeka yi na bubui.
  • Nuwo didi - Woƒe nuwoʋeʋẽ nyo alegbegbe wo kpɔa nuɣaɣlawo bɔbɔe eye kpovitɔwo kple asrafowo zãa wo ɖe esia ta.
  • Nuwoŋu dzɔdzɔ - Avu ƒomea ɖewo dzɔa amewo kple aƒewo ŋu nyuie ŋutɔ.

Ɖikeke trɔ asi le eŋu

Amea ɖe wo nyina avuwo hena nane siwo mesɔ tututu o. Wo wɔna ga geɖe tso esia me. Esiawo dome tɔ aɖewo enye dusisi, tugbedzedze kple dɔdeasiwo wɔwɔ me ɖe se dzi.

Nuɖuɖu trɔ asi le eŋu

Togbɔ be avuwo nye lãɖulawo gɔ̃ hã, wo ɖuna nuɖuɖu tɔgbi desiaɖe kloe fãa. Le kpɔɖeŋu me, wo ɖuna gbe abe alẽwo kple gbɔ̃wo ene. Nuɖuɖu ʋe siwo menyo na avuwo o la dometɔ aɖewo enye nuɖuɖu siwo me koko le, sabalawo, weintsetsewo, weintsetse ƒuƒuwo kple azi ƒomevi ʋea ɖe wo. Le ƒe 2000 me la, nusrɔla ɖe wo va dzesii be ne avuwo ɖu weintsetsewo alo weintsetse ƒuƒuwo suea ɖe ko la, ewɔna anyira ɖe avuawo ƒe ayikuwo ŋuti.

Vidzidzi trɔ asi le eŋu

 
Avunɔ kple viawo

Avufẽwo ɖoa tsitsi me tso ƒe ɖeka yi ɣleti wuiatɔ̃ megbe. Avunɔwo ƒe asiyɔyɔ dzɔa zi eve le ƒe ɖeka me. Ne avunɔ mele asi yɔm o la, melɔ̃na dɔdɔ kple atsuawo o. Ne avunɔ fɔfu la, edzia viawo le kɔsiɖa asieke lɔƒo megbe. Zi geɖe la, wo ƒe fufɔfɔ ƒe didime dea kɔsiɖa enyi vaseɖe ewo sɔŋ. Avuwo dzia viwo abe ade lɔƒo zi ɖeka, gake woƒe gbɔsɔsɔ me teŋu nɔa ene kple wuieve dome.

Lamesesẽ trɔ asi le eŋu

Avuwo lea dɔ abe amegbetɔwo ene gake woƒe dɔlele ƒomeviwo dometɔa ɖe wo to vovo na amewo tɔ. Dɔléle sia ɖe wo enye rebis. Ne avu le rebis dɔ lem la, evɔna na tsi nono. Dosuwo kple ŋɔwo hã ɖea fu na avuwo. Dɔléle bubu siwo le avuwo me enye ali dɔ, klo dɔ, ŋkugbagba kple tokuku. Amegbetɔwo ƒe dɔléle aɖe wo abe suklidɔ hã ɖea fu na avuwo.

Avu geɖe wo nɔna agbe ƒe wuietɔ̃ yi wuiene lɔƒo ene. Avu gã wo nɔa agbe ƒe adrẽ ko gake avu sue wo nɔa agbe va ɖo ƒe bla eve sɔŋ. Avu si nɔ agbe wo didi wu le xexeame, si wo ŋlɔ daɖi enye avu si Inglisiawo yɔna be Australian cattle dog si ku le ƒe 1939 me le Amerika. Éxɔ ƒe blaeve-vɔ-asieke (29) kple ŋkeke blaeve-vɔ-andrẽ (27) sɔŋ.[1] Avua ɖe le Inglisiawo de xɔ ƒe blaeve-vɔ-asieke (29) le ƒe 2007 me.[2]

Avuwo ɖuɖu trɔ asi le eŋu

Le xexeame ƒe dukɔa ɖe wo me la, wonyina avuwo na ɖuɖu. Yuroptɔwo kpakple Amerikatɔwo bua avuwo ɖe aƒemelãwo me ko. Vietnamtɔwo hã, wonyina avuwo na ɖuɖu kpakple aƒeme nɔnɔ katã.

Mohamed subɔsubɔ trɔ asi le eŋu

Mohamed ƒe subɔlawo kpɔa avuwo abe lã tsitsriwo siwo ŋuti mekɔ o.

Kpɔɖeŋuwo trɔ asi le eŋu

  1. "Avu si nɔ agbe didi wu le xexeame". Archived from the original on 2007-05-13. Retrieved 2007-06-20. 
  2. "Avu si tsi wu le xexeame egbe ƒe tata". Archived from the original on 2010-10-20. Retrieved 2007-06-20. 

Nuxexlẽ bubuwo trɔ asi le eŋu