Gali enye nuɖuɖu si bɔ le Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Wotɔna gali tso agbeli me.

Gali (Nigeria)

Gali tɔtɔ trɔ asi le eŋu

 
agbeli si wotsɔ wɔa gali

Hafi woa tɔ gali la, wohona agbeli tso agble me. Wokpana agbelia eye le eyome la, woklɔnae kple tsi bena ɖia katã na kɔ le eŋuti. Le esia megbe la, wolina agbelia vaseɖe esime wòa me. Le elili megbe la, wozia agbelia le kotokuwo me eye wodana kpewo ɖe kotokuawo dzi hena tsia fafia tso eme. Esia yina edzi abe ŋkeke eve lɔƒo eye le nuwuwua la, agbelia hã tsi.

Ne tsia vɔ le eme la, wo srana agbelia alebe wonɔna wuliwuli. Ne wowɔ esia vɔ la, wotɔna galia le gaze gã wo me le dzo dzi. Wometsɔna ami tɔnae o. Ne wòƒu nyuie la, ekema étɔ vɔ eye woateŋu adze ezãzã gɔme.

Eɖuɖu trɔ asi le eŋu

Nuɖuɖu siwo tso gali me sɔgbɔ. Wodena gali tsi me kple sukli kple notsi. Esia wɔwɔ mesẽ kroa o eye tsidede gali bɔ le sukuwo me ŋutɔ le Ghana kple Nigeria. Bubu enye gali bublu kple atadi alo dzetsi eye woateŋu aɖui enumake. Wotɔna gali hã le ami me tsɔ wɔna nuɖuɖu vovovowoe abe agbeli kaklo. Wodena tsi dzodzoe gali hã eye woblunae le dzodzi abe akple ene. Nigeriatɔwo yɔnae be eba. Woɖuna esia kple dzetsi alo tsiƒoƒo.

 
Agbeli kpakpa le tsi me.

Aɖi si le agbeli me trɔ asi le eŋu

Aɖi si Eŋlisiawo yɔna be cyanide le agbeli me. Dɔlele si woyɔna be "tropical ataxic neuropathy" bɔ le afisiwo agbeliɖuɖu bɔ le.[1] Dɔlele sia naa amewo ƒe lãme gbana eye zɔzɔ kple tsitretsitsi sena ŋutɔ. Wokpɔ be ne wowɔ galia ŋudɔ nyuie la, aɖia geɖe doa tso eme eye mega nana dɔlele o.[2]

Kpɔ esiawo hã trɔ asi le eŋu

eba

Afisiwo wotsɔ nyawo tsoe trɔ asi le eŋu

  1. Loss of residual cyanogens in a cassava food during short-term storage Onabolu A.O.; Oluwole O.S.A.; Bokanga M.. International Journal of Food Sciences and Nutrition, Volume 53, Number 4, 1 July 2002 , pp. 343-349(7)
  2. Cassava processing, consumption and dietary cyanide exposure Onabolu, Adeyinka (7 september 2001) Doktorsavhandling vid Karolinska Institutet

Nuxexlẽwo le teƒe bubuwo trɔ asi le eŋu

Nuŋɔŋlɔ siawo ƒe tsoƒe trɔ asi le eŋu