Presbyteria Nyanyui Hame le Ghana

Presbyteria Nyanyui Hame le Ghana enye Kristo subɔsubɔ hame ɖeka le Ghana. Amegeɖe ga yɔnae be "E.P. Church" elabena eƒe ŋkɔ le Eŋlisigbe me enye Evangelical Presbyterian Church.

Hamea ɖoɖo trɔ asi le eŋu

Hamea ƒe ɖoɖo dze egɔme kple Germania kristotɔwo si woyɔna be Norddeutsche Mission tso Bremen le Germany kple Basel Mission dɔwɔlawo. Ha eve siawo tso wode va Afrika va nɔ Mawunya dɔ wɔm le Eʋeawo dome tso ƒe 1847 me. Le Xexemeʋa gbãtɔ ŋɔli la, hame eve nɔ Eŋlisiawo te le Gold Coast eye hame adre nɔ Franseawo ƒe akpadzi le Togoland. Ha gbãtɔ woɖo nɔ Mission Tɔve.[1] Le aʋa sia ƒe nuwuwu la, woma dukɔ evee. Ɣetoɖloƒe nɔ Eŋlisiawo te eye ɣedzeƒe lɔƒo nɔ Franseawo te. Wowɔ hameawo ƒe sinɔɖ gbãtɔ le Damɛ 1922 me. Togbɔ be woma Togo nyigba le ɣemaɣi gɔ̃ɔ̃ɔ hã la, wowɔ sinɔɖ la le Eʋe hamea katã nu.

Le ƒe 1923 me la, mawudɔwɔlawo tso Skotland va nɔ dɔwɔm le Eŋlisi Togo kpa dzi. Afisia ye zu Vɔlta nutome le Ghana fifia. Fransedodo hame nɔ Paris hamea te. Mama sia va li ke, eye hameawo va zu hame eve blibowo. Hame eveawo ga wɔna sewo ɖeka ŋudɔ. Wo ame eveawo kpea ƒe ene sia ene le sinɔɖ ɖeka ko vaseɖe fifia.[2]

Hamea ƒe dɔwɔƒe gãtɔ trɔ asi le eŋu

Hamea ƒe dɔwɔƒe gãtɔ le Ho, si nye Vɔlta nutome dugã la. Ame abe 600,000 ye le hamea me fifia eye ha 750 lɔƒo woɖo vadeɖe fifia. Nunɔla tsitsitɔ enye mɔɖeretɔ.[3]

Sukuwo trɔ asi le eŋu

Hamea ɖo sukuwo le Vɔlta nutoame zã. Suku ɖeka si xɔ ŋkɔ ntɔ enye Mawuli Secondary suku le Ho. Amesiwo ɖo suku sia enye Aƒetɔ kple Aƒenɔ Trost, amesiwo nye mawudɔwɔlawo tso United Church of Christ.[4]

Dɔyɔƒewo trɔ asi le eŋu

Dɔyɔƒewo hã le hamea si. Ɖeka enye Adidome Hospital.[4]

Kristo hamewo si do ƒome kple E.P. Hamea trɔ asi le eŋu

Hadedewo trɔ asi le eŋu

E. P. Hamea de ha kple Kristo habɔbɔwo le xexeame godoo. Wodemtɔao ɖewo wonye:

Nyawo ƒe tsoƒe trɔ asi le eŋu

  1. Eglise évangélique presbytérienne du Togo Address data base of Reformed churches and institutions. Reformed Online
  2. Presbyteria Nyanyui Hame le Ghana Address data base of Reformed churches and institutions. Reformed Online
  3. Our hosts World Alliance of Reformed Churches.
  4. 4.0 4.1 General Ministries Global Ministries (7 October 2005).
  5. "United Reformed Church gbeƒãɖeɖewo". Archived from the original on 2007-06-26. Retrieved 2007-08-08. 

Nuxexlẽwo le teƒe bubuwo trɔ asi le eŋu