Waakye nye nuɖuɖu bɔbɔ aɖe le Ghana si ame sia ame kloe ɖuna. Wo ɖaa waakye le aƒeme gake zi geɖe la, edzralawo ɖo na asi ɖe lɔri mɔtɔwo alo xɔsɔe aɖe me kpli. Waakye ɖaɖa do na go tso mɔlu kple ayi si woɖo dzodzi zi ɖekae me.

Waakye le agbame

Waakye si woateŋu aɖu le ɖe ŋdi alo ŋdɔ nuɖuɖu teƒe. Wo ɖua waakye kple nudonui siawo dometɔ ɖeka alo wo ƒe agbɔsɔsɔme, kelewele, akpa tɔtɔ, abladzo tɔtɔ, koklozi ɖaɖa, koklola tɔtɔ.