Abraham nye amesi ŋu woŋlɔ nu le le Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ me le Bibliaa me. Wo ga ŋlɔ nu le eya ke ŋuti le Koran la hã me. Kristotɔwo kple Mɔslemtɔwo katã bu nae abe Israel viwo, Ishamel viwo kple Edom viwo katã wo fofo. Eya dzi Yuda subɔsubɔ kple Kristo subɔsubɔ to.

Abraham kple Isak

Abraham nye Tarax vi, eye wònye Naxor ƒe tɔgbeyɔvi. Abraham nɔviwo wonye Naxor kple Haran. Bibla gblɔ bena Mawu kplɔ Abraham tso Mesopotamia vayi Kanaan nyigba dzi. Afima Mawu bla nu kple Abraham le. Tso ema dzi la, Abraham subɔ Mawu (YHWH) dzaa ko abe Mawu ene. Mawu ga do ŋugbe na Abraham hã bena eƒe dzidzimeviwo woadzi xexlẽmanɔmee. Abraham nɔ agbe tso AM 1948–2123 (1812 DMȠ vaseɖe 1637 DMȠ).

Yudatɔwo yɔna Abraham be Avraham, Avinu, alo "Abraham, mía Fofo". Mawu do ŋugbe na Abraham bena woayra amegbetɔwo katã to eƒe dzidziemviwo dzi. (Mose I 12:3). Kristotɔwo kpɔ Yesu Kristo abe ŋugbe si Mawu na Abraham. Mɔslemtɔwo xɔ edzi se bena Mohammed nye Ismael, ŋutsuvi si Hagar dzi na Abraham ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka.

Dzidzimewo tso Adam vaseɖe Dawid dzi le Biblia me
Tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe tsia ƒe xaxaɣi
Adam · Set · Enos · Kenan · Mahalalel · Yered · Henox · Metusala · Lamex · Noa · Sem
Israel fofowo:
Arpaxsad · Selax · Eber · Peleg · Regu · Serug · Naxor · Tarax · Abraham · Isak · Yakob
Tso dukɔ dzi vayi Fiawo dzi:
Yuda · Perez · Xezron · Aram · Aminadab · Naxeson · Salmon · Boaz · Obed · Dawid