Ako
Akowo (IPA:/ˈɑːkəʊˌwəʊ/) nye xe ƒomevi ɖeka si wole hame abe 350 sɔŋ. Womana xe siawo ɖe akpa gã eve me. Woyɔna wo le Eŋglisigbe me be cockatoo kpakple parrot. Akowo bɔ ɖe xexeame dukɔ siwo me dzoxɔxɔ sɔgbɔ le la me.
Nuɖuɖu
trɔ asi le eŋuAkowo ɖua nukuwo, seƒoƒowo kple nutsetsewo. Woƒe nuɖuɖu vevetɔ enye nukuwo. Wo dometɔa ɖewo dea ade hã. Le kpɔɖeŋu me, ako aɖewo fɔna abɔbɔ.
Nunyanya
trɔ asi le eŋuXe siawo srɔ̃a amegbetɔwo ƒe nuƒoƒo alebe ne egblɔ nya aɖe le wogbɔ la, woagbugbɔe agblɔ nya ma na wò ha͂. Nusrɔ̃la aɖewo fia be ako aɖewo sena egbegbɔgblɔ aɖewo gɔme. Ako eve siwo ŋkɔwo enye Alex kpaple N'kisi la, wonye ako tɔxewo. Alex srɔ̃ nuwo ƒe ŋkɔwo eye eteaŋu xlẽa nuwo ƒe gbɔsɔsɔ eye wòƒoa nu le nuwo ŋuti. N'kisi hã srɔ̃ nyawo abe akpe ɖeka sɔŋ, eye wòteaŋu zãa nya siawo pɛpɛpɛ hã.[1]
Akowo kple amegbetɔwo
trɔ asi le eŋuWo ƒe gbɔsɔsɔ
trɔ asi le eŋuAkowo le vɔvɔm le xexeame. Wo xɔe se bena amewo le wo dzram zã akpa. Evelia la, xɔ tutu kpakple amewo ƒe agbenɔnɔ na wo ƒe atɔwo wɔƒewo le vɔvɔm. Le esiawo ta la, dukɔ aɖewo wɔ se fifia bena amewo megakpɔ mɔ ale akowo le gbe me adzra o.
Aƒemelãwo
trɔ asi le eŋuTso blema ŋɔli ke la, amewo nyi akowo abe aƒemelãwo ene. Togbɔ be wodzi menya kpɔna o hã, wo ƒe nuƒoƒo kpakple tugbedzedze na be amewo lɔ̃a wonyinyi ɖaa. Ako aɖewo nɔa agbe gbɔ ƒe blaenyi sɔŋ dzi. Eɖewo hã nɔa agbe ƒe ʋe aɖewo ko. Le ƒe 1992 me la, "USA Today" gbalẽa ŋlɔ be akowo siwo nyim wo le le Amerika ƒe xexleme ɖo 11 miliɔn. [2].
Akowo dzadzra
trɔ asi le eŋuAko dzadzra nye ta ɖu na dukɔwo geɖe elabena ako lelawo mewɔna se dzi zi geɖe o. Esia tso woƒe asixɔxɔ gbɔ. Amea aɖewo awɔ nusianu be yewoa le ako adzra awɔ kɔba vie. Wo mega buna akoa wo ƒe nyɔna ŋu o. Dukɔwo wɔ se siwo xe mɔ na akowo lele yakatsɔe le teƒewo zã, gake sedzidalawo ga sɔgbɔ ko.
Nuŋɔŋlɔwo tso teƒe bubuwo
trɔ asi le eŋu- Metsɔ nya siawo ƒe akpa gã tɔ tso Eŋglisi Wikipedia me.