James Monroe (Afɔfiɛ 28, 1758 – Siamlɔm 4, 1831) nye United States ƒe dukplɔla atɔ̃lia. Elɔ̃ ɖe Thomas Jefferson kple James Madison, siwo nye dukplɔla eve siwo do ŋgɔ nɛ ƒe nya dzi zi geɖe. Wotsɔ ŋkɔ na du geɖe be Monroe. Wotsɔ ŋkɔ nɛ hã na Monrovia, si nye Liberia ƒe fiadu.[1]

Eƒe agbemeŋkeke gbãtɔwo trɔ asi le eŋu

Wodzi Monroe le Virginia. Esi James xɔ ƒe 16 la, fofoa ku. Esi wòxɔ ƒe 18 la, eva ge ɖe Anyigbagã dzi Asrafoha me. Emegbe esrɔ̃ senyawo le Thomas Jefferson gbɔ.[2]

Eɖe Elizabeth Kotright le ƒe 1789 me.

Eƒe dunyahehe me agbenɔnɔ trɔ asi le eŋu

Monroe nye amesi tsi tre ɖe dukɔa ƒe dziɖuɖu ŋu; medi be woada asi ɖe United States ƒe Dukplɔsea dzi o. Wotiam be manye United States Sewɔtakpekpe me tɔ le ƒe 1790. Ekpe asi ɖe Democratic-Republican Party ɖoɖo ŋu kple Jefferson kple James Madison.[1]

Monroe nye Virginia ƒe Nutomedziɖula tso ƒe 1799 - 1802.[3]

Monroe yi Paris be yeakpe asi ɖe Louisiana ƒe Nuƒle ŋu, eye emegbe eva zu Dutanyanyuigblɔla le Great Britain.[4]

Monroe nye Madison ƒe Dudɔnunɔla kple Aʋawɔnyawo Gbɔkpɔla.[5]

Eƒe agbenɔnɔ abe dukplɔla ene trɔ asi le eŋu

Monroe nye dukplɔla tso ƒe 1817 va ɖo ƒe 1825. Monroe kple eƒe Dudɔnunɔla John Quincy Adams na Spain tsɔ Florida na United States. Monroe kple Adams hã to Monroe Nufiafia vɛ, si nye ɖoɖo si gblɔ be United States medi be Europa nakpɔ gome le Ɣetoɖoƒenutowo me azɔ o.

Eƒe agbenɔnɔ le dukplɔlanyenye megbe trɔ asi le eŋu

Monroe xɔ dzudzɔ le dɔme yi Virginia. Le srɔ̃a ƒe ku megbe la eʋu yi New York afisi wòku le le Siamlɔm 4, 1831 dzi le yɔmekpe ta.

Nyatakakatsoƒewo trɔ asi le eŋu

  1. 1.0 1.1 "James Monroe | Biography, Presidency, & Facts". Encyclopedia Britannica. Retrieved 2021-08-14. 
  2. "James Monroe". The White House. Retrieved 2021-08-14. 
  3. "James Monroe | Miller Center". millercenter.org. 2016-09-26. Retrieved 2021-08-14. 
  4. "Knowing the Presidents: James Monroe". Smithsonian Institution. Retrieved 2021-08-14. 
  5. "Biography of James Monroe". www.ushistory.org. Retrieved 2021-08-14.