John Adams

United States ƒe dukplɔla tso ƒe 1797 va ɖo ƒe 1801 me

John Adams, Jr. (Kele 30, 1735 – Siamlɔm 4, 1826) nye United States ƒe dukplɔla evelia (ƒe 1797–1801), eye wònye dukplɔla adelia, John Quincy Adams fofo. Enye United States ƒe dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔ hã (ƒe 1789–1797).

Wodzi Adams le Braintree, Massachusetts. Enye Lt. Col. John Adams, Sr. (ƒe 1691-1761) kple Susanna Boylston (ƒe 1708-1797) ƒe viŋutsu, eye wònye xexemenunyala kple ehati Fofo Gɔmeɖoanyila Samuel Adams ƒe tɔɖiayɔvi. Eyi Harvard Kɔledzi. Eɖe Abigail Adams le ƒe 1764 me.

Tɔtrɔ kpata ƒe ƒewo trɔ asi le eŋu

Adams di be Nutome Wuietɔ̃awo navo tso Great Britain si me. Gake Adams wɔ nu dzɔdzɔe eye wòsusu be ele be woawɔ nu ɖe ame sia ame ŋu le dzɔdzɔenyenye me. Togbɔ be medi be Britain-srafowo nanɔ Boston o hã la, eyae nye senyala si ʋli Britain-srafo siwo kpɔ gome le Boston Amewuwua me ta.[1]

Adams nye Massachusetts teƒenɔla le Anyigbagã dzi Sewɔtakpekpe Evelia wɔɣi. Ekpe ɖe Thomas Jefferson ŋu wòŋlɔ United States ƒe Ðokuisinɔamesi Ŋuti Nyatakaka. Le Amerikatɔwo ƒe Tɔtrɔ Kpata ƒe aʋawɔɣi la, Adams kpe asi ɖe ŋutifafa wɔwɔ kple Great Britain ŋu. Ewɔ dɔ le France, Netherlands kple England abe dutadɔnunɔla ene le ƒe 1780 ƒeawo me.

Dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ trɔ asi le eŋu

Adams ye nye dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔ le George Washington ƒe dziɖuɣi. Esi Washington tiae be yemagaʋli ho ake o la, Adams ɖu dzi le ƒe 1796 ƒe tiatiawɔƒea. Wosusu be Adams ye nye dukplɔla gbãtɔ si nɔ dunyaheha aɖe me, gake abe George Washington ene la, ebu eɖokui be yede ŋgɔ wu dunyaheha aɖe koŋ. Eʋli dukplɔla ƒe ɖoƒe ta le Federalist ƒe tikiti dzi. Eɖu Thomas Jefferson si le Democratic-Republican Party me dzi. Dukplɔla ƒe ametialawo kple dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ ƒe ametialawo meƒu du ɖekae abe alesi wowɔna egbea ene o. Esi wònye be Jefferson ye xɔ ame evelia si da akɔ wu ta la, eva zu dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ.

Dukplɔla trɔ asi le eŋu

Le eƒe dziɖuɣi la, ekpɔ masɔmasɔ aɖe si do mo ɖa kple France gbɔ le ŋutifafa me. Ewɔ Amedzrowo kple Aglãdzedze ƒe Sewo hã si na wònye sedzidada be woagblɔ nya gbegblẽwo tso dziɖuɖua ŋu. Nuwɔna mawo medzɔ dzi na ame geɖe o elabena wose le wo ɖokui me be exɔ nuƒoƒoblɔɖe le yewo si. Womegatia Adams be wòanye dukplɔla ake o eye wòɖu Thomas Jefferson dzi. Dukɔa ƒe Dunyahehabɔbɔa mexɔ ŋkɔ abe alesi wònɔ esime woti Adams ene o. Nu mamlɛtɔ siwo wòwɔ abe dukplɔla ene dometɔ ɖekae nye be wòna John Marshall zu United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃lagã. Esia na be Federalist Party la gakpɔtɔ le vevie kokoko.

Le U.S. dukplɔla atɔ̃ gbãtɔwo dome la, Adams koe nye amesi si kluviwo menɔ o. Eya ɖeka koe tso New England hã.

Eƒe ku trɔ asi le eŋu

Adams ku le Siamlɔm 4, 1826 dzi le dzidɔ ta. Esia nye gbesigbe Thomas Jefferson ku, eye eganye ƒe 50 pɛpɛpɛ tso esime wode asi Ðokuisinɔamesi ƒe Gbeƒãɖeɖe te le ƒe 1776. Esi John Adams xɔ ƒe 90 la, enye United States dukplɔla si nɔ agbe didi wu vaseɖe esime Ronald Reagan ƒoe ta le Kele 2001. John Adams nye United States ƒe Dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ si nɔ agbe didi wu hã vaseɖe esime Levi P. Morton ƒoe ta le ƒe 1915 me eye emegbe John Nance Garner va ƒoe ta le ƒe 1959 me.

Nyatakakatsoƒewo trɔ asi le eŋu

  1. "Key Figures in the Boston Massacre Trial". law.umkc.edu. Archived from the original on January 27, 2011. Retrieved November 16, 2010.