Asrã nye dɔleame si tso mu gbɔ na amegbetɔwo kple la bubuwo si tsoa parasitic protozoanwo (cell ɖeka ƒe nugbagbevi) na 'Plasmodium' gbɔ.[1] Malaria hea dzesiwo abe feva, ɖeɖiteameŋu, trutru and taɖuiwo vɛ. Le eƒe ŋusɛ̃ nu la, ehea ŋutigbale fufuu, lamedzetsiwo, ɖime alo ku.[2] Dzesi siawo dzea egɔme enuenu tso ŋkeke ewo yiɖe ŋkeke wuiatɔ le mu ƒe ameɖuɖu megbe. Dɔlele dzesiwo agatrɔ va le ɣletiwo megbe ne ame aɖe mexɔ dɔyɔyɔ blibo o.[1] Le amesiwo me dɔlelea vɔ le la, egbugbɔ lele nu mesena o. Dɔ malemale dziɖuɖu nɔnɔme sia dzona le ɣeyiyi abe ɣletiwo kple ƒewo me ne nye be malaria mega le ame o.[2]

Malaria
MalariaPlasmodium tso munɔ ƒe ta si le zɔzɔm le mu ƒe cell me
MalariaPlasmodium tso munɔ ƒe ta si le zɔzɔm le mu ƒe cell me
Plasmodium tso munɔ ƒe ta si le zɔzɔm le mu ƒe cell me
Memama kple Nusiwohia na dɔwɔwɔ tso teƒe bubuwo
ICD/CIM-10B50-B54 B50-B54
ICD/CIM-9084 084
OMIM248310
DiseasesDB7728
MedlinePlus000621

Zi geɖee la, woxɔa dɔlele sia tso munɔ si ŋu dɔlelea le ƒe ameɖuɖu gbɔ'Anopheles' mosquito. Ameɖuɖu sia ɖea parasitewo tso mu ƒe ta me ɖe ame ƒe ʋu[1] me. Parasitewo zɔa yi na akla gbɔ afisi wotsina hedzi na ɖo. Plasmodium ƒe ƒome atɔ ateŋu ahe dɔlele ve eye amegbetɔwo ma ne.[2] Ame ƒe kuku geɖe tso P. falciparum with P. vivax, P. ovale gbɔ, eye P. malariae hea asrã siŋu ŋuse mele o la ve.[1][2] P. knowlesi ƒomewo mena dɔlele amegbetɔwo kabakaba o.[1] Wokpɔna malaria to ʋumedodo tso ʋu lewo, alo kple Asrã ƒe antigen kpɔkpɔ dodokpɔwo.[2] Wowɔ mɔnusiwo woaza 'polymerase chain reaction' atsɔ kpɔ parasite ƒe DNA , gake mebɔ ɖe afisiwo malaria le o elabena woxɔ asi eye womele bɔbɔe o.[3]

Woateŋu aɖekpɔtɔ dɔa ƒe lele to mu ƒe amemaɖumaɖu me le mudɔwo kple mutikewo zaza me, alo to mu ƒe dzidzi tsotsoɖa mɔnuwo dzi abe nugbagbeviwowuwu ƒe atikewo tsisisi kple tsimatsamatsawo ƒe ɖeɖeɖa.[2] Atikewɔwɔ na malaria nutsitsi ƒe mɔnuvovowo li asrã nutsitsi na mɔzɔla siwo yina afisi dɔlelea le. Enye didi be woaza atikea 'sulfadoxine'/pyrimethamine na vidziwo kple funɔwo le dzinuetɔ gbãtɔwo me ƒe fufɔfɔ le teƒesiwo malaria bɔ ɖo. Togbɔ be ehia ha la, vaccine aɖeke meli o, gake agbagbadzedze na eƒe wɔwɔ le edzi yim.[1] Malaria ƒe atike si dzi woda asi ɖoe nye ƒuƒoƒo na asrãmɔxenu ƒe atikewo si me 'artemisinin' le.[1][2] Atikewɔwɔ evelia enye mefloquine, lumefantrine, alo sulfadoxine/pyrimethamine.[4] Woateŋu aza 'Quinine' kpeɖe 'doxycycline' ne artemisinin meli o.[4] Le teƒe siwo dɔlelea bɔ ɖo la, ehia be woakpɔ malaria hafi woadze atike zaza me ɖe atike ƒe dɔmawɔmawɔ ta atike ƒe ŋuse dzi ɖe kpɔtɔ.Atikewo ƒe dɔmawɔmawɔ he malaria ƒe atikewɔwɔ geɖewo ve; le kpɔɖeŋu me, 'chloroquine'-resistant P. falciparum kaka yiɖe malaria nɔƒe geɖewo, eye resistance na artemisinin va zu problem le Anyigbeɣedzeƒe Asia ƒe akpa aɖewo.[1]

Dɔlelea bɔ ɖe tropicwo kple tropicviwo nutome siwo te ɖe anyigbatitina la ŋu me.[2] Eɖewoe nye Sub-Saharan Africa, Asia, and Latin America. World Health Organization bui be le ƒe 2012 me la, malaria le ame million 207 . Le ƒema me la, dɔa wu ame abe tso 473,000 yi 789,000 ene siwodometɔ geɖe nye ɖeviwo tso Africa.[1] Malaria kple ahedada wodoa ka ɖeka eye wogblea nu le du ƒe ŋgɔyiyi ŋu.[5][6] Le Africa la, wobuibe egblea ga woade abe $12 billion USD le ƒe ɖeka me to eƒe dada , dɔmateŋuwɔwɔ kple nugbegble le tourism ŋu la me.[7]

Referensiwo trɔ asi le eŋu

  1. 1.0 1.1 1.2 1.3 1.4 1.5 1.6 1.7 1.8 "Malaria Fact sheet N°94". WHO. March 2014. Retrieved 28 August 2014. 
  2. 2.0 2.1 2.2 2.3 2.4 2.5 2.6 2.7 Caraballo, Hector (May 2014). "Emergency Department Management Of Mosquito-Borne Illness: Malaria, Dengue, And West Nile Virus". Emergency Medicine Practice 16 (5). 
  3. Nadjm B, Behrens RH (2012). "Malaria: An update for physicians". Infectious Disease Clinics of North America 26 (2): 243–59. PMID 22632637. doi:10.1016/j.idc.2012.03.010. 
  4. 4.0 4.1 Organization, World Health (2010). Guidelines for the treatment of malaria (2nd ed. ed.). Geneva: World Health Organization. p. ix. ISBN 9789241547925. 
  5. Gollin D, Zimmermann C (August 2007). Malaria: Disease Impacts and Long-Run Income Differences (PDF) (Report). Institute for the Study of Labor. 
  6. Worrall E, Basu S, Hanson K (2005). "Is malaria a disease of poverty? A review of the literature". Tropical Health and Medicine 10 (10): 1047–59. PMID 16185240. doi:10.1111/j.1365-3156.2005.01476.x.   
  7. Greenwood BM, Bojang K, Whitty CJ, Targett GA (2005). "Malaria". Lancet 365 (9469): 1487–98. PMID 15850634. doi:10.1016/S0140-6736(05)66420-3.