Nukpui alo ( Latin ŋkɔ: Thryonomys swinderianus) enye gbeme lã si bɔ le Afrika. Nukpuiwo lɔ̃na tsi gbɔ nɔnɔ. Wotsana le agblewo me hã. Tsitsiawo ƒe didime gbɔa "feet" eve dzi le goɖewo me.

Nukpui tsu si wo le nyinyim le Gabon

Eƒe towo kple ŋɔtiwo le takpo eye eƒe fũwo sẽ. Woƒe megbe fɔwo melolo abe ŋgɔgbe tɔwo o. Nukpuiwo tsana le ha alo ƒome suewo me eye atsu ɖeka nɔa ha ɖesiaɖe nu. Nukpuiwo lɔ̃a zãme nɔnɔ. Ɣeaɖewo ɣii hã, wonɔna tome. Woteŋu nɔa agbe ƒe ene sɔ̃. Ne nu aɖe dovɔ̃vɔ wo la, wosina yea tsi me. Gbe enye woƒe nuɖuɖu gãtɔ gake wo lɔ̃na agble me nukuwo hã ɖuɖu eyata wogblena nukuwo ŋutɔ na agbledelawo.

Le Ghana kple Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo la, woyɔnae be grasscutter. Le Afrika ƒe akpa geɖewo me la, nukpuiwo nye lã si amewo ɖua ŋutɔ. Le esia ta la, wodze nukpuiwo nyim na dzadzra le teƒewo geɖe.

Kpɔɖeŋuwo trɔ asi le eŋu

  • Matthews, Jaman. "The Value of Grasscutters," World Ark, (Dzove-Dzodze, 2008), pp. 23-24.(Nukpuiwo ƒe asixɔxɔ le Iŋglisigbe)

Nuxexlẽ bubuwo trɔ asi le eŋu