Xɔsemeʋuʋu
Xɔsemeʋuʋu (Latingbe: Symbolum Apostolorum), enye nyawo si ɖe xɔse siwo nɔ Kristotɔwo si le blema ŋɔ̃li la fia. Kritso hame geɖe le xexeame egbe zãa xɔsemeʋuʋua abe nufafia na tsitadede kple subɔsubɔa ŋutɔ ƒe akpa vevie dometɔawo ɖeka. Hameawo aɖewo wonye Roma Katolico hame, Anglikan alo Eŋlisi hame, Presbyteria hame kple Metoɖist hame nyuiewo.
Woxɔese be woŋlɔ xɔsemeʋuʋua elabena ameaɖewo nɔ fafiam bena ɖe ko wodze abe Yesu nye amegbetɔ gake menye amegbetɔ wònye hafi o eye ahatso wò nye be wo hee ɖe ati ŋu eye wò ku. Xɔsemeʋuʋua ƒe nyawo fia nusiwo dzi Kristotɔwo xɔse fitaa na nusrɔ̃lawo kple amewo katã.
Eme nyawoTrɔ trɔ
Xɔsemeʋuʋu le Eʋegbe meTrɔ trɔ
- Mexɔ Mawu, etɔa ŋusẽ katã tɔ,
- si wɔ dzi kple anyigba dzi se.
- Mexɔ Yesu Kristo, Mawu ƒe tenuvi ɖeka, si nye mía aƒetɔ dzi se,
- Ame si ƒe fu wofɔ tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me,
- Eye Maria, dzetugbui la dzii,
- Ame si kpe fu le Pontio Pilato te,
- Eye wohee ɖe ati ŋu, eye wòku, eye woɖii;
- Ame si yi tsiẽƒe,
- Eye wòga fɔ tso amekukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe,
- Eye wòyi dziƒo,
- Eye wònɔ etɔa ŋusẽ katã tɔ ƒe nuɖusi me.
- Afima wòa ɖa tso ava drɔ̃ ʋɔnu na amegbagbewo kple amekukuwo.
- Mexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe dzi se,
- Kple Kristo hame kɔkɔea ɖeka,
- Si nye amekɔkɔewo ƒe ƒomedodo,
- Nuvɔ̃wo ɖeɖe,
- Ŋutilãa ƒe tsitretsitsi,
- Kpakple agbemavɔ̃ dzi se.
- Amen.
Nyawo le Latingbe meTrɔ trɔ
|
Nyawo le Helagbe meTrɔ trɔNuŋɔŋlɔwo le afia le blema Helagbe me, eye wome ŋlɔe ɖe egbeviwo ƒe gbegbɔgblɔ nu o.
|
Nyawo le Eŋlisigbe meTrɔ trɔ
Book of Common PrayerTrɔ trɔ
|
Common WorshipTrɔ trɔ
|
Kpɔ esiawo hãaTrɔ trɔ
Agbalẽ le xɔsemeʋuʋu ŋutiTrɔ trɔ
- J.N.D. Kelly: Early Christian Creeds. 3rd edition. Longman, Harlow 1975, ISBN 0-582-49219-X (Eŋlisigbe)
Nuxexlẽwo le teƒe bubuwoTrɔ trɔ
- International Standard Bible Encyclopedia Vol. 1(Eŋlisigbe)
- ELLC ƒe xɔsemeʋuʋu nyawo Evangelical Lutheran Church le America (2004).(Eŋlisigbe) Wotsɔe nyawo tso afisia le 31 Siamlɔm, 2007.
- Roma Katoliko hame ƒe xɔsemeʋuʋu nyawo Catechism of the Catholic Church.(Eŋlisigbe) Wotsɔe nyawo tso afisia le 31 Siamlɔm, 2007.
- Nufafiawo tso xɔsemeʋuʋu ŋuti tso agbalẽnaylawo aɖewo gbɔ(Eŋlisigbe) Wotsɔe nyawo tso afisia le 31 Siamlɔm, 2007.