Enye Yehowa Ðasefowo ƒe didi be nàdze si yewo nyuie wu. Ðewohĩ wonye wò aƒelikawo kple dɔwɔhatiwo alo èdoa go wo le gbesiagbedɔwɔna bubuwo me. Ðewohĩ èkpɔa wo le ablɔwo dzi wonɔa woƒe magazinewo nam amesiwo va yina. Alo ɖewohĩ èƒo nu kpli wo kpuie le wò ʋɔtru nu kpɔ.

Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo tsɔ ɖe le wò kple wò nyonyo me. Wodi be yewoadze xɔ̃ wò ahagblɔ nya geɖe na wò tso wo ɖokui, woƒe dzixɔsewo, woƒe habɔbɔa, kple nusi nye woƒe susu le amewo kple xexe si me mí katã míele ŋu. Esia tae wota agbalẽ gbadza sia na wò ɖo.

Yehowa Ðasefowo le abe ame bubu ɖesiaɖe ene le go geɖe me. Kuxiwo nɔa woawo hã ŋu—le ganya, ŋutilã me, kple seselelãme gome. Wowɔa vodada ɣeaɖewoɣi, elabena womede blibo o, wometso gbɔgbɔ me, alo nye vovodadamanɔŋutɔwo o. Gake wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ nu tso yewoƒe nuteƒekpɔkpɔwo me eye wosrɔ̃a Biblia vevie tsɔ wɔa ɖɔɖɔɖo siwo hiã. Woɖe adzɔgbe na Mawu be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye wotsɔa wo ɖokui nana be yewoawɔ adzɔgbeɖeɖe sia dzi. Wodia Mawu ƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe mɔfiafia le woƒe dɔwɔnawo katã me.


Woɖe adzɔgbe na Mawu be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu trɔ asi le eŋu

Wobunɛ nu vevii be yewoatu yewoƒe dzixɔsewo ɖe Biblia dzi ke menye ɖe amegbetɔ ƒe nukpɔsusu alo hakplɔɖoɖo dzrowo ko dzi o. Wosena le wo ɖokui me abe apostolo Paulo ene esime gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ be: “Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae.” (Romatɔwo 3:4, Eʋegbe Biblia*) Le nufiafia siwo wogblɔ be enye Biblia me nyateƒe gome la, Ðasefowo léa nusi Beroiatɔwo wɔ esime apostolo Paulo ɖe gbeƒã na wo la me ɖe asi sesĩe: “Woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.” (Dɔwɔwɔwo 17:11) Yehowa Ðasefowo xɔe se be ele be woatsɔ Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la ado mawusubɔsubɔ me nufiafiawo katã kpɔ alea, eɖanye woa ŋutɔwo ƒe nufiafia loo alo ame bubu tɔ o. Wokpe wò—wole dzi dem ƒo na wò—be nàwɔ esia le dzeɖoɖo kpli wo me.

Woxɔe se be Biblia nye Mawu ƒe Nya trɔ asi le eŋu

Míate ŋu akpɔe le esia me be Yehowa Ðasefowo xɔ Biblia dzi se be enye Mawu ƒe Nya. Wobua eƒe agbalẽ 66-awo be wotso gbɔgbɔ me eye wo me nudzɔdzɔwo nye blemaŋutinya ŋutɔŋutɔwo. Woyɔa Nubabla Yeye si ame geɖe nya la be Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, eye woyɔa Nubabla Xoxoa be Hebri Ŋɔŋlɔawo. Wozãa evea, Hela kple Hebri Ŋɔŋlɔawo siaa, eye wobua wo me nyaawo ɖe alesi wogblɔ woe nu pɛpɛpɛ negbe teƒe siwo nyagbɔgblɔa alo nɔnɔme si me wogblɔe le na wòdze ƒã be wonye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ alo tsi tre ɖi na nu bubu aɖe ko. Wose egɔme be Biblia me nyagblɔɖi geɖe va eme, bubuwo le eme vam, eye bubuwo agava eme le etsɔme.

Woɖe ŋkɔ trɔ asi le eŋu

Yehowa Ðasefowoa? Ẽ, nenemae woyɔa wo ɖokuii. Enye nɔnɔmefiaŋkɔ si fia be woɖia ɖase le Yehowa, eƒe Mawunyenye, kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. “Mawu,” “Aƒetɔ,” kple “Wɔla”—siwo le abe “Dukplɔla,” “Fia,” kple “Aʋafia” ene—nye dzesideŋkɔwo eye woate ŋu azã wo na ame vovovo geɖe. Gake “Yehowa” ya nye ŋkɔ tɔxɛ eye Mawu ŋusẽkatãtɔ kple xexeme Wɔla lae wozãnɛ na. Woɖe esia fia le Psalmo 83:19 be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye YEHOWA, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”

Mawu ŋutɔ ƒe ŋkɔ le blema Hebrigbe me trɔ asi le eŋu

Ŋkɔ Yehowa (alo Yahweh, abe alesi Roma Katoliko ƒe Jerusalem Bible kple agbalẽnyala aɖewo yɔnɛ ene la) dze zi gbɔ zi 7,000 le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Womedee Biblia akpa gãtɔ me alea o, ke boŋ wotsɔ “Mawu” alo “Aƒetɔ” ɖo eteƒe. Gake le Biblia siawo me gɔ̃ hã la, woate ŋu akpɔ afisi wozã Yehowa le le Hebrigbe me kpukpuiawo me elabena ŋɔŋlɔdzesigãwo ƒe lolotɔwo kple suetɔwoe wotsɔ ŋlɔa nya siwo wotsɔ ɖo ŋkɔa teƒee, si nye: MAWU kple AƑETƆ. Egbegbe gɔmeɖeɖe geɖe zã ŋkɔ Yehowa alo Yahweh. Eyata Yesaya 42:8 xlẽ le Eʋegbe Biblia me be, “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee.”

Ŋkɔa do ƒome kple ʋɔnudrɔ̃ƒe nudzɔdzɔ trɔ asi le eŋu

Ŋɔŋlɔawo me nya si me Yehowa Ðasefowo ɖe woƒe ŋkɔ tsoe la le Yesaya ta 43 lia. Le afima la, woɖɔ xexeame ƒe nɔnɔme abe nusi le edzi yim le ʋɔnudrɔ̃ƒe ene: Wogblɔ na dukɔwo ƒe mawuwo be woakplɔ woƒe ɖasefowo vɛ ne woava ɖo kpe edzi ne woƒe nya dzɔ alo be woase ɖasefo siwo le Yehowa ƒe akpa dzi ƒe nya ale be woalɔ̃ ɖe nyateƒea dzi. Afimae Yehowa gblɔ na eƒe amewo le be: “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawu aɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o. Nyee nye Yehowa, eye xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.”—Yesaya 43:10, 11.

Ðasefowo nɔ Yehowa Mawu si le anyigba dzi ƒe akpe geɖe hafi wova dzi Yesu. Esi Hebritɔwo ta 11 yɔ xɔsetɔ siawo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔ vɔ la, Hebritɔwo 12:1 gblɔ be: “Eyata míawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mí la ɖa, eye mina míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi.” Yesu gblɔ le Pontio Pilato ŋkume be: “Esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” Woyɔe be “ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ.” (Yohanes 18:37; Nyaɖeɖefia 3:14) Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miaxɔ [gbɔgbɔ] kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔwɔwɔwo 1:8.

Ðasefo siwo ade 8,683,117 le dukɔ 240 kple edzivɔ me trɔ asi le eŋu

Eyata amesiwo ade 8,683,117 siwo le Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo Yesu si me ŋuti nyanyuia gblɔm le dukɔ siwo ade 240 me la kpɔe be esɔ be yewoayɔ yewo ɖokui be Yehowa Ðasefowo (2019).